Mark 10:17-31

Ɖekakpui kesinɔtɔ la

(Mateo 19:16-30; Luka 18:18-30)

17Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzra ɖo vɔ be yewoadze mɔ ayi teƒe aɖe la, ɖekakpui aɖe nɔ du dzi sesĩe va dze klo ɖe eŋkume, eye wòbiae be, “Nufiala nyui, nu ka tututue wòle be mawɔ hafi ate ŋu anyi agbe mavɔ dome?”

18Yesu biae be, “Nu ka tae nèyɔm be ame nyui ɖo? Ame aɖeke menyo o, negbe Mawu ɖeka ko. 19Azɔ le wò biabia la ŋuti la, ènya seawo xoxo. Woawoe nye be, mègawu ame o, mègawɔ ahasi o, mègafifi o, mègada alakpa o, mègaba ame o, bu fofowò kple dawò.”

20Ŋutsua gblɔ na Yesu be, “Nufiala tso nye ɖevi me ke la nyemeɖo ŋku edzi be meda le se siawo ƒe ɖeke dzi kpɔ o.”

21Ɖekakpuia ƒe nu nyo Yesu ŋu ŋutɔ ale wògblɔ nɛ be, “Nu vevi ɖeka susɔ si mèwɔ o. Yi nàlɔ wò nuwo katã yi ɖadzra eye nàtsɔ ga la ana ame dahewo bena kesinɔnuwo nanɔ asiwo le dziƒo. Le esia megbe la, va nàdze yonyeme.”

22Ɖekakpuia yrɔ esi wòse nya siawo, eƒe mo da tu zi ɖeka eye wòdzo nublanuitɔe, elabena enye kesintɔ gã aɖe.

23Esi wòdzo yina la Yesu kpɔ eyome sẽ eye wòtrɔ ɖe eƒe nusrɔlawo gbɔ gblɔ na wo be, “Asese na kesinutɔwo ŋutɔ hafi woage ɖe mawufiaɖuƒe la me!”

24Nya siawo wɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Yesu gagblɔ ake be, “Vinyewo, asesẽ na ame siwo ɖoa ŋu ɖe kesinɔnuwo ŋu la be woayi ɖe mawufiaɖuƒe la me! 25Le nyateƒe me la, anɔ bɔbɔe na kposɔ be wòato abi ƒe vo me ado go tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒea me.” 26Nya siawo gawɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Ale wobiae be, “Nenye be kesinɔtɔwo makpɔ ɖeɖe o ɖe, ke ame kae le xexe sia me si akpɔ ɖeɖe?”

27Yesu kpɔ wo dũ eye wògblɔ na wó be, “Esia mele bɔbɔe le amegbetɔwo gome o gake ele bɔbɔe le Mawu ya gome elabena naneke wɔwɔ mesesẽ na Mawu o.”

28Petro gblɔ na Yesu be, “Míegblẽ nu sia nu ɖi hedze yowòme.”

29Yesu gblɔ na wo be, “Mele kpe ɖom edzi na mi be, ame siwo katã gblẽ woƒe aƒewo, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, fofowo kple dadawo, viwo kple anyigbawo katã ɖi le lɔlɔ̃ nam ta, eye be yewoakaka mawunya ta la, 30woakpɔ woƒe aƒewo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, fofowo kple dadawo, viwo kple anyigbawo katã ɖe eteƒe zi geɖe kpakple yometiti le agbe sia me.

“Gake le agbe si gbɔna me la woakpɔ agbe mavɔ.
31Ke ame geɖe siwo nye gbãtɔwo le afi sia azu mlɔetɔwo le afi ma eye ame siwo nye mlɔetɔwo le afii la azu gbãtɔwo le afi ma.”

Copyright information for EweBEE